Luke 8:40-56

Yairo vinyɔnuvi la kple nyɔnu ʋusisidɔléla la

(Mateo 9:18-26; Marko 5:21-43)

40Ame siwo nɔ ƒu la ƒe akpa si wova ɖi go ɖo la xɔe atuu elabena wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava xoxoxo.

41Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe dzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔnu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒeme 42elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake gake ameha la mimii ɖo. 43Nyɔnu aɖe nɔ afi ma ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o. 44Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe eye wòka asi eƒe awuʋlaya to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ.

45Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, ale ke wɔ nàbia be ame kae ka asi ŋunye hã?”

46Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le menye la ƒe ɖe do le menye.” 47Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ.

48Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”

49Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnua la, ame aɖe tso Yairo ƒeme va do kple nya sia bena via nyɔnuvi sue la ku. Amedɔdɔa gblɔ na Yairo bena, “Viwo la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàga ɖe fu na Nufiala la o.”

50Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, “Mègavɔ̃ o! Wò ya xɔ dzinye se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe.” 51Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o ne gbe Petro, Yohanes, Yakobo, kple ɖevia fofo kple dadaa ko. 52Aƒea me ŋutɔ yɔ fũ kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!” 53Nya sia ɖi nukokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku.

54Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me eye wòle eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tre” 55Agbe gaɖo ɖevia me enumake eye wòtsi tre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mina nanee wòaɖu!” 56Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.

Copyright information for EweBEE